Hebrews 4

Dzudzɔ si ŋugbe wodo na Mawu ƒe amewo

1Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mi ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mia dometɔ aɖeke ŋuti o. 2Elabena wogblɔ nyanyui la na mi abe alesi ke wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o elabena ame siwo see la mexɔe se o. 3Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be,

“Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke.
4Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia dzi la Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.” 5Le nya sia ke me la egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” 6Edze ƒã be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wo gblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu geɖe eme o le woƒe tosesẽ ta. 7Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia ɣeyiɣi geɖee megbe esi woƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be,

“Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me o.”
8Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o. 9Ekema dzudzɔ si woyɔna be Sabat dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. 10Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la, me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. 11Eya ta mina be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma, me eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene.

12Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luvɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13Neneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.

Yesu, míaƒe Osɔƒogã si ƒo anyigbadzitɔwo katã ta

14Eya ta esi Osɔfogã, Mawu Vi Yesu, le mía, si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. 15Elabena menye Osɔfogã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ Osɔfogã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖe koe nu vɔ̃ mele eya ŋu o. 16Eya ta mi na míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le le míaƒe xaxaɣiwo.

Copyright information for EweBEE